Isaiah 26:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame ku la, megagbɔa agbe o, eye ame kuku mefɔna o, elabe èhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètutu woƒe ŋkɔ ɖa.