Isaiah 26:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò ame kukuwo agbɔ agbe! Woƒe ŋutilãwo afɔ. Mi ame siwo le ʋuʋudedi me, minyɔ ne miadzi dzidzɔha. Elabe wò zãmu nye kekeli ƒe ahũ. Àna wòadza ɖe anyigba si dzi vɔvɔli do ɖo la dzi.