Isaiah 27:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaku kpẽ gã aɖe ɣe ma ɣi, eye Israelvi siwo katã bu ɖe Asiria-nyigba dzi kple esiwo kaka ɖe Egipte-nyigba dzi la, woava subɔ Aƒetɔ le to kɔkɔe la dzi le Yerusalem.