Isaiah 27:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii, etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ʋɛʋɛʋɛ la, èwɔ avu kpli wo, kplɔ wo yi aboyo me. Èɖe wo ɖa kple dziku gbe si gbe ɣedzeƒeya ʋuduʋudu la ƒo.