Isaiah 27:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo, eye esia anye kutsetse si ado tso eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me. Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo; woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta mɔ sia dzi ko woato atsɔ Yakob ƒe vodada akee, eye wòanye nuvɔ̃ si wotsɔ kee la ƒe viɖe: Ele be woagbã vɔsamlekpuia ƒe kpewo katã, atu wo abe akalo ene, eye woaɖe nyɔnumawu Aserawo kple ɣelegbawo ɖa.