Isaiah 28:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miegblɔ be: Míebla nu kple ku, eye mie ɖu dzo kple tsieƒe. Atam, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe de alakpa gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe miegblɔ be: “Míebla nu kple ku, eye míenyi dzo kple tsiẽƒe. Ameƒoti si le nyenyem le yiyim la maɖo mía gbɔ o, elabe míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebè ɖe alakpa gbɔ.”