Isaiah 28:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu, tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe, eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la adzoe;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe awɔ dzidzekae, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anye glidzidzenu. Tsikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ beɖoƒe la adzoe.”