Isaiah 28:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe. Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.” Gbedeasi sia gɔmesese ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabena ava yi ŋdi sia ŋdi, le ŋkeke kple zã me, eye ŋɔdzi ɖeɖe sɔŋ aɖe nya gome na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabe ava yi ŋdi sia ŋdi le ŋkeke me kple zã me, eye eƒe ŋɔdzi ɖeɖe ana miase nyawo gɔme.