Isaiah 28:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene, be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako atso Aƒetɔ ta gbɔ ava abe dzikpe ƒe dzadza kple ahom gblẽnu ene; aƒoe aƒu anyi kple ŋusẽ, abe tsiɖɔɖɔ sesẽ ƒe gbagba ɖe anyi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako tso Aƒetɔ la gbɔ gbɔna. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ahom si gblẽa nu ene. Atsɔ ŋusẽ aƒoe aƒu anyi, abe tsie ɖɔ gbagba ɖe anyi ene.