Isaiah 28:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene. Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ le Gibeon Balime la ene be wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne woawo eƒe do, do tutɔ enye eƒe do la, ne woawo eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ akɔ eɖokui ɖe dzi abe ale si wòwɔe le Perazim-to la gbɔ ene. Anyra abe ale si wònyrae le Gibeon-bali me la ene; ne wòawɔ eƒe dɔ, dɔ tɔxɛ ye nye eƒe dɔ la; ne wòawɔ eƒe nuwɔna, nukunue nye eƒe nuwɔna la.