Isaiah 28:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu ne menye nenem o la, miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe anyigba blibo la ŋu nam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, megaɖi kokoe na mi, ne woava bla mi sesĩe goŋgoŋ wu o. Elabe mese Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ anyigba blibo la.