Isaiah 28:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ, eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ eye wain na wole movinu wɔm. Aha sesẽ na ame siwo le ya mum. Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me, eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame siawo hã no wain mu, eye wono aha sesẽ le yiyim sagasaga. Nunɔla kple Mawu ƒe gbeƒãɖela siaa no aha sesẽ mu. Wain tɔtɔ wo, eye aha sesẽ mu wo wole yiyim sagasaga. Woda ƒú le ŋutegakpɔkpɔ me, eye woƒe nyametsotso tro.