Isaiah 29:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume. Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me. Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene, eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒo nu tso anyigba tu me ke, eye wò nuƒoƒo aɖi tso ke me; wò gbe anɔ abe ŋɔli to ene tso anyigba me, eye wò nuƒoƒo aɖi huhuhu tso ke me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaɖiɖi wò ɖe anyi. Anyigba tume kee nàƒo nu tso. Wò gbe si ɖiɖi la, aɖi ʋĩi tso ʋuʋudedi me. Àƒo nu abe ŋɔli ene tso to me. Dalĩ ko nàdo tso anyigba tume.