Isaiah 29:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene, eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene; kasia zi ɖeka kpoyi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wo ketɔ gbogboawo azu abe kewɔ memee ene, eye ŋutasẽla geɖegeɖeawo azu abe tsro, si ʋu ya ene; ava me zi ɖeka kpoyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke futɔ gbogbo siwo tso ɖe ŋuwò la, anɔ abe ʋuʋudedi memee ene, eye ame geɖe siwo sẽ ŋuta le ŋuwò la, anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu ene. Nu sia adzɔ zi ɖeka kpata.