Isaiah 29:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ava kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe. Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ava gbɔwò kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi, yali, ahomya kple dzobibi.