Isaiah 29:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi, eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e alo ŋutega le zã me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔwo ƒe amehawo katã, siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu, kple amesiwo katã tso ɖe eya kple eƒe mɔ̃ sesẽ la ŋu, eye woxaxae ɖo la, anɔ abe drɔ̃ekuku kple zã me ŋutega ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔwo ƒe ameha siwo katã ho aʋa ɖe Ariel ŋu kple ame siwo katã tso ɖe eya kple eƒe mɔ́ sesẽ la ŋu, eye woɖaxaxae ɖo la, anɔ abe drɔ̃ekuku kple ŋutegakpɔkpɔ le zã me ene.