Isaiah 29:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi, eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la, nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alesi dɔwuitɔ kua drɔ̃e be, yele nu ɖum, ke ne enyɔ la, dɔa nu melana ne o, eye alesi tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e be, yele tsi nom, ke ne enyo la, nu tea eŋu, eye eƒe veme ƒuna la, nenemae dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Zion-toa ŋu la ƒe amehawo anɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum, ke wònyɔna kple dɔwuamee, eye ale si tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke wòfɔna kudɔkudɔ, eye eƒe ve me ƒuna kplakplakplae la, nenemae dukɔ siwo katã ho aʋa ɖe Zion-toa ŋu la, anɔ.