Isaiah 3:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye dukɔ ƒe ŋutasẽlawo nye ɖeviwo, eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Nye dukɔ, kplɔwòlawo nye ameflula wo, eye wobaɖa wò toƒe ƒe mɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖevi le ŋuta sẽm le nye dukɔ ŋuti, eye nyɔnuwo le edzi ɖum. O nye dukɔ, kplɔwòlawo kplɔ wò trae, eye wobaɖa afɔ na wò.