Isaiah 30:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le, eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le. Ke miegbe wo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Tametɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo woatsɔ axɔ na mi, eye miaƒe ŋusẽ le ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu me, ke mielɔ̃ o
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be: “Miakpɔ xɔxɔ, ne mietrɔ dzime, eye mienɔ anyi kpoo. Miakpɔ ŋusẽ, ne miezi ɖoɖoe, eye mieɖo ŋu ɖe ŋunye.” Ke miegbe.