Isaiah 30:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miado gu klosalo, siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpawo ŋu, kple sika, si le miaƒe legbawo ŋu; miaɖe wo ɖa abe ŋunyɔnu ene ahagblɔ ɖe wo ŋu bena Mido!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miado gu klosalo siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpɛwo kple sika si le miaƒe legbawo ŋu. Miakaka wo abe ŋunyɔnuwo ene ahagblɔ be: “Midzo!”