Isaiah 30:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nyitsuwo kple tedzi, siwo ŋlɔa agble la, aɖu bli tsakatsaka, si me dze le, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã dzoboe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nuɖuɖu si wotsaka kple dze, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã blui la, eyae nyitsu kple tedzi siwo ŋlɔa agble la aɖu.