Isaiah 30:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòava me le amewugbe gã, si xɔ tsralawo amũ la be, toʋuwo anɔ tsi tsam le to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ta me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe si gbe woawu ame fũu, eye mɔ́ kɔkɔwo amu la, tɔʋumetsiwo anɔ tsatsam le to kɔkɔwo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi.