Isaiah 30:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la, zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zi geɖe alesi eƒe toheti, si wòɖo ɖe eŋu la, dze edzii la, zi geɖe ma ke asiʋuiwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimi, eye woawo aʋa kplii anɔ alɔnyènye dzi ɖaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zi geɖe ale si toheti si Aƒetɔ ɖo ɖe eŋu adze edzii la, zi geɖe ma ke asiʋuiwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimee. Aƒetɔ ƒe alɔ anɔ dzi eye wòawɔ aʋa kplii.