Isaiah 30:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti. Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ, fli kple da toaʋalawo le la, afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina na dukɔ si mele ɖeke me o,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbedeasi ɖe anyigbemekegbegbe ƒe lãwo ŋu: To hiãkame kple xaxa ƒe anyigba dzi, afi si dzatanɔ kple dzatatsu, dzakpata kple da si dzòna la le. Afi mae wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe medome tsonɛ, heɖoa ta dukɔ si gbɔ womakpɔ viɖe aɖeke le o la gbɔ.