Isaiah 31:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Baba na ame siwo yia Egipte be woakpe ɖe yewo ŋu. Woɖoa ŋu ɖe sɔwo ŋu, eye woɖoa dzi ɖe tasiaɖamwo ŋu elabe wosɔ gbɔ. Woɖoa dzi ɖe sɔdolawo ŋu elabe wosesẽ ŋutɔ; ke wometrɔna ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu alo dia Aƒetɔ o.