Isaiah 31:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo ko wonye, menye Mawu wonye o. Woƒe sɔwo nye ŋutilã, ke menye gbɔgbɔ o. Ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le ame si na kpekpeɖeŋu la te; ame si ŋu wòkpe ɖo la hã amu adze anyi, eye wo kple eve la katã atsrɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye; womenye Mawu o. Woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye; womenye gbɔgbɔ o. Ne Mawu do eƒe asi ɖa la, dzidzi ƒoa kpeɖeŋutɔ la, eye ame si ŋu wòle kpekpem ɖo la hã adze anyi. Ale wo kple eve la siaa atsrɔ̃.