Isaiah 31:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne woawo aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ gblɔ nam be: Abe ale si dzata alo dzatavi nɔa nu si wòlé la gbɔ nɔa gbe tem, eye ne woyɔ alẽkplɔlawo ɖe eŋu fũu hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe hoowɔwɔ o ene la, nenemae Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖi va, bene wòawɔ aʋa le Zion-to kple eƒe togbɛ la dzi.