Isaiah 31:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Asur atsi yi nu, ke menye ŋutsu ƒe yi nu o, eye yi aɖui, ke menye amegbetɔ ƒe yi o; asi le yi nu, eye eƒe ɖekakpuiwo azu yakadɔwɔlawo;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ekema Asiriatɔ la atsi yi nu, ke manye amegbetɔ ƒe yi nu o. Yi aɖe avuvui, ke menye amegbetɔ tɔ o. Así le yia nu, eye woazi eƒe ɖekakpuiwo dzi be woawɔ dɔ sesẽ.