Isaiah 31:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋɔdzi ana woƒe mɔ sesẽwo namu; ne wokpɔ aʋaflaga la ko la, dzidzi aƒo woƒe aʋakplɔlawo.” Yehowa, ame si ƒe dzo le bibim le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe agakpe la ate ɖa le ŋɔdzi ta, eye eƒe amegãwo adzo nyànyanya le aflaga la ŋgɔ.” Aƒetɔ, ame si ƒe dzo le Zion, eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.