Isaiah 33:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me, eye wògblɔa nu si le eteƒe, ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o, ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o, ame si mia eƒe ŋkuwo be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka, eye eƒe nuƒoƒo le eme, amesi tsri ŋutasesẽ tsɔtsɔ kpɔ viɖee, amesi ʋuʋu eƒe asi, be magaxɔ zãnunana o, amesi xe eƒe towo, be magase hlɔ̃dodo o, amesi mia eƒe ŋkuwò, be womagakpɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ o la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si zɔna le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wògblɔa nyateƒe; ame si tsri viɖekpɔkpɔ to ameteteɖeto me; ame si ʋuʋua asi be yemaxɔ zãnu o; ame si xea asi to me be yemase ʋukɔɖinya o; ame si miaa ŋku be yemakpɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o la,