Isaiah 33:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be, “Mele dɔ lém” o, eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu vɔ̃wo ake wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Duametɔa ɖeke nagblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dua me tɔ aɖeke magblɔ be: “Mele dɔ lém” o. Woatsɔ ame siwo le eme la ƒe nuvɔ̃ ake wo.