Isaiah 34:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakawo katã ŋu; edo busu wo, eye wòtsɔ wo de asi, be woawu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu. Edo dɔmedzoe vevie ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu. Ebu fɔ wo, eye wòtsɔ wo de asi be woawu.