Isaiah 34:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yi le Aƒetɔ si; eƒo ʋu; ami ɖoe. Alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie. Elabe Aƒetɔ le vɔsaŋkekenyui ɖum le Bozra, lãwu ŋkekenyui gã aɖe wònye le Edom-nyigba dzi.