Isaiah 36:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ ɖe Yehowa megbee meto ho ɖe anyigba sia ŋu, be magblẽe loo? Yehowa ye gblɔ nam be: Ho ɖe anyigba sia ŋu nagblẽe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, ɖe meto Aƒetɔ megbe ho ɖe anyigba sia ŋu be matsrɔ̃ea? Aƒetɔ lae gblɔe nam be: Ho aʋa ɖe anyigba sia ŋu ne nàtsrɔ̃e.’ ”