Isaiah 36:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Rabsake ɖo ŋu bena: Mia kple wò aƒetɔ gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo, be magblɔ nya siawoa? Ɖe menye ŋutsu, siwo bɔbɔ no glia dzi, be woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe mi, eye woano woƒe aɖuɖɔ kpli mi la gbɔe oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Rabsake ɖo eŋu be: “Wò kple wò aƒetɔ ko gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo be mava gblɔ nya siawoa? Ɖe menye ame siwo bɔbɔ nɔ glia dzi siwo gbɔna woawo ŋutɔ ƒe mi ɖu ge, eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ kpe ɖe mia ŋu hã la gbɔe oa?”