Isaiah 36:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miganɔ to ɖom Xizkiya o; elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye miɖo va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migaɖo to Xizkiya o, elabe Asiria-fia be: Miwɔ ŋutifafa kplim; mido va gbɔnye ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu eya ŋutɔ ƒe waintsetse, eye ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe gbotitsetse, eye ame sia ame ano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me.