Isaiah 36:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Asur-fia ɖo Rabsake kple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖe fia Xizkiya le Yerusalem, eye wòdze aʋa ɖe dzigbeta ƒe tɔʋu to le avɔnyãla ƒe agblemɔ to.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asiria-fia dɔ Rabsake tso Laxis ɖo ɖe fia Xizkiya le Yerusalem kple aʋakɔ gã aɖe, eye wodze aʋa ɖe dzigbetá ƒe tɔʋu to le Avɔlɔ̃la ƒe Agblemɔ to.