Isaiah 36:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete aƒenunɔla Elyakim, Xilkiya vi, kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple Yoax, Asaf vi, fia ƒe tsiami, wole awu vuvuwo me va Xizkiya gbɔ, eye wogblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Elyakim, Xilkiya vi si nye aƒedzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Yoax, Asaf vi si nye agbalẽwo dzraɖoƒedzikpɔla le awu vuvu me yi Xizkiya gbɔ ɖagblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ.