Isaiah 36:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne agblɔ nam be: Yehowa, mía Mawu la ŋue míele dzi ɖom ɖo la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Mido gbe ɖa le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ne miegblɔ nam be: Míeɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Xizkiya ɖe ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be: Miasubɔ le vɔsamlekpui sia ko ŋgɔ oa?