Isaiah 37:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖo aƒenunɔla Elyakim kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo, amesiwo ta akpanya la, ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la gbɔ
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edɔ Elyakim aƒedzikpɔla, Sebna agbalẽŋlɔla la kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo. Wota akpanya, eye wòɖo wo ɖe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la gbɔ.