Isaiah 37:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eto wò dɔlawo dzi heɖe alɔ me le Aƒetɔ la ŋu be: Nye tasiaɖam gbogboawo metsɔ yi towo tamee, yi keke Lebanon ƒe mlɔenu ke. Metso eƒe sederti kɔkɔwo kple sesewu nyuitɔwo ƒu anyi. Mede keke eƒe kɔkɔƒe ke kple ave dodo me.’