Isaiah 37:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖewohĩ Aƒetɔ, wò Mawu la se Rabsake ƒe nyaawo. Nya siwo eƒe aƒetɔ Asiria-fia la de esi be wòatsɔ ɖu fewu le Mawu gbagbe la ŋui, eye Aƒetɔ, wò Mawu la ahe to nɛ le nya si wòse la ta. Eya ta mido gbe ɖa ɖe ame siwo susɔ la ta.’ ”