Isaiah 37:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Rabsake gbugbɔ la, ekpɔ Asur-fia wòle aʋa wɔm kple Libna, elabena ese be, eho tso Laxis.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Rabsake se be Asiria-fia dzo le Laxis la, etrɔ eye wòkpɔ Asiria-fia wònɔ aʋa wɔm kple Libna.