Isaiah 37:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wose le Kus-fia Tirhaka ŋu be, eho, be yeawɔ aʋa kplii la, egadɔ ame ɖo ɖe Xizkiya, ne woagblɔ nɛ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ du va na Asiria-fia la be Nubia-fia Tirhaka ho aʋa ɖe eŋu. Esi wòsee la, edɔ ame ɖo ɖe Yuda-fia Xizkiya, ne woagblɔ nɛ be: