Isaiah 38:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke mawo me la Xizkiya lé kudɔ. Eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe no ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke mawo me la, Xizkiya nɔ dɔ lém ɖo kudo nu. Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya va gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabe èle kuku ge; màganɔ agbe o.”