Isaiah 38:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megblɔ be, mage ɖe tsieƒe ƒe agbowo me le nye ŋkekewo ƒe gbɔɖemeɣi; woda adzo nye ƒe susɔea le asinye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Megblɔ na ɖokuinye be esi nye agbenɔɣi titina ɖo la, ele nam be mage ɖe tsiẽƒe ƒe agbowo me, le nye agbenɔƒe mamlɛawo me.