Isaiah 38:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yi naɖagblɔ na Xizkiya be: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò kokoƒoƒo, eye mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò ŋkekewo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Yi ɖagblɔ na Xizkiya be: Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be: Mese wò gbedodoɖa; mekpɔ wò aɖatsi. Kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wui atɔ̃ akpe wò agbenɔƒewo.