Isaiah 38:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, mana vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Axab ƒe ɣega ƒe ɖoƒe, si wòle la dzi; tete ɣe gbugbɔ ɖe megbe tso ɖoƒe, si wòle la, ɖoƒe ewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa mana vɔvɔli nagbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo le gaƒoƒofiaƒe si Axaz tu ɖe ɣe ƒe zɔzɔme nu la dzi.” Tete ɣe ƒe vɔvɔli la gbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo tso gaƒoƒofiaƒe si wòle la.