Isaiah 39:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xizkiya xɔ wo kple dzidzɔ, eye wòɖe eƒe kesinɔnudzraɖoƒexɔ fia wo. Efia eƒe klosalo, sika, atike ʋeʋẽewo, ami xɔasi, eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kple nu si le eƒe nudzraɖoƒexɔ me la wo. Naneke mesusɔ le Xizkiya ƒeme alo le fiaɖuƒe blibo la me si mefia wo o.