Isaiah 39:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ nɛ bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Didiƒe wotso va gbɔnye, tso keke Babel ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya va fia Xizkiya gbɔ biae be: “Nya kae ŋutsu siawo va gblɔ? Afi kae wotso va gbɔwò?” Xizkiya ɖo eŋu be: “Didiƒe aɖe kee wotso va gbɔnye; tso keke Babilonia ke!”